Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 25:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ekema dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Míatsɔ ɖetugbi ewo aɖewo ƒe ŋutinya asɔ kple dziƒofiaɖuƒe la. Ɖetugbi ewo siawo tsɔ woƒe akaɖiwo ɖe asi be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe.

Gade chapit la Kopi




Mateo 25:1
43 Referans Kwoze  

Mina dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye, eye mina miatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo xoxo.


Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adre, siwo yɔ fũ kple fuwɔame mamletɔ adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka va, eye wòƒo nu kplim gblɔ bena: Va abi, ne mafia ŋugbetɔ, si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò!


Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.


Amesi si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃, ke ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃, amesi le tsitre le to ɖomi la, kpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe ŋuti; azɔ nye dzidzɔ sia zu blibo.


Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amesi le nuku nyui wum ɖe eƒe abɔ me;


Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔeto la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu.


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


eye mianɔ yayramɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la lalam,


Dziƒofiaɖuƒe la ɖi fiãa ɖe, si wɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuie na via,


Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.


le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me: elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.


Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Ke mele mia kafum, nɔviwò, bena mieɖoa ŋku dzinye le nusianu me, eye mielé nyaɖoɖoawo me ɖe asi, abe alesi meɖo na mi la ene.


Elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖi aƒetɔa ɖe, si do go ŋdikanya, be yeadɔ dɔwɔlawo de yeƒe weinbɔ me.


Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi ɖɔ, si woɖi ɖe ƒu me, eye wòɖe lã ƒomevi geɖewo;


Fiavinyɔnu, si le eme la, enye atsyɔ̃ɖoɖo ɖeɖe sɔŋ; sika wotsɔ lɔ̃ eƒe avɔe.


ke abɔ la enye xexe la me, eye nuku nyui la enye fiaɖuƒe la ƒe viwo; ke gbe wuwluiawo nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo;


Yerusalem-nyɔnuviwo, mele mi: Ne miekpɔ nye lɔlɔ̃tɔ la, mito nɛ be, lɔlɔ̃ de dɔ lã me nam!


Eye dzikedzowo kple dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo do tso fiazikpui la me. Eye dzokakati adre le bibim le fiazikpui la ŋgɔ, woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo;


Elabena metsɔ Mawu ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu, elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, bena matso ɖetugbi dzadzɛ atu tsitre na Kristo.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ.


Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.


Eye akaɖi geɖewo le bibim le dziƒoxɔ, si me mieƒo ƒu ɖo la me.


Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi logoku, si amea ɖe tsɔ ƒã ɖe eƒe abɔ me;


vivi le eƒe nu me, eye eyama ɖze ani. Yerusalem-nyɔnuviwo, nye lɔlɔ̃tɔ lae nye esia: amesiae nye xɔ̃nye la!


Wò ami le ya ɖem nyuie; wo ŋkɔ le abe ami, si wowu ene, eyata ɖetugbiwo lɔ̃a wo nya ɖo.


Tete ɖetugbi kemawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo.


Azɔ, esi Yuda xɔ asrafoha kpe de nunɔlagãwo kple farisitɔwo ƒe dɔlawo ŋu la, egbɔna afima kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo.


Eye mawudɔla etɔ̃lia ku kpẽ la, eye ɣletivi gãa ɖe, si le bibim abe kakati ene la, ge tso dziƒo, eye wòdze tɔsisiwo ƒe akpa etɔ̃lia kple tsi dzidziwo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite