Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔa dzi agblɔ bena: Nye enye Kristo; eye woaɖu ame geɖewo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:5
15 Referans Kwoze  

Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.


Eye aʋatsonyagblɔɖila geɖewo atsi tre ahaflu ame geɖewo.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Alakpanya gblɔm nyagblɔɖilawo le ɖi le nye ŋkɔ me, nyemedɔ wo o, nyemede se na wo o, eye nyemeƒo nu kpli wo o; alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple woƒe dziwo ƒe amebeble gblɔm wole na mi.


Viwo, ɣeyiɣi mamletɔe, eye abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ: eya me míedze sii le bena, ɣeyiɣi mamletɔ lae.


Mese nyagblɔɖilawo ƒe nuƒoƒo, amesiwo le alakpanya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me be: Meku drɔ̃e, meku drɔ̃e!


Nye la meva le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi, eye miele xɔyem o; ɖe ame bubu lava le ye ŋutɔ ƒe ŋkɔa dzi la, ne eya xɔ ge miala.


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Menye nyee dɔ nyagblɔɖilawo, hafi wole du ƒum o, eye menye nyee ƒo nu kpli wo, hafi wole nya gblɔm ɖi o.


Yehowa be: Migano mia ɖokui ɖum anɔ gbɔgblɔm be: Kaldeatɔwo adzo le mía ŋu kokoko o; elabena womelé tutu ge adzo o.


Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.


Yesu gblɔ na wo bena: Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi la, ekema miadze sii bena, nyee; eye bena nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiãm ene la, nu mawo ke megblɔna.


Amekae nye aʋatsokala, ne menye amesi sẽ nu bena, Yesu menye Kristo o lae oa? Amesi ke gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la, eyae nye Kristo ƒe futɔ la.


eye gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si meʋua Yesu me o la, metso Mawu gbɔ o; eye esia nye Kristo ƒe futɔ la ƒe gbɔgbɔ, si ŋkɔ miese bena, egbɔna, eye azɔ la ele xexeame xoxo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite