Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

47 Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

47 Le nyateƒe me la, matsɔe aɖo nye nuwo katã nu.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:47
15 Referans Kwoze  

Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehẽ, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu; yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me!


Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehe, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu: yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me!


Woayra dɔla ma, siwo, ne aƒetɔ la va la, akpɔ wo le ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi bena: Asa avɔ ɖe ali, eye wòana be, woanɔ kplɔ ŋuti, eye wòatsa wo dzi asubɔ wo.


Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.


Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye.


Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.


ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;


Eye wògblɔ ne bena: Ehẽ, ɖɔla nyui, esi nèzu nuteƒewɔla le nu suetɔ me ŋuti la, ŋusẽ anɔ asiwò ɖe du ewo dzi.


ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la.


Ne amea ɖe ɖi be, yeasubɔm la, nèdze yonyeme; eye afisi nye la mele la, afima nye subɔla hã lano; ne amea ɖe subɔam la, eya Fofo la labu.


Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.


Dɔla nyanu ƒe nu anye fia ŋu; ke ado dziku ɖe esi wɔa ŋukpenanu la ŋu.


Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ ava la, akpɔe be, ewo nenema.


Ke ne dɔla vɔ̃ɖi la agblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la tsi anyi,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite