Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Eyaŋuti miawo hã misu te; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

44 Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:44
11 Referans Kwoze  

Ke esi woyi edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va; eye amesiwo dzra wo ɖokui ɖo la, wokpe ɖe eŋuti yi srɔ̃ɖeƒe la, eye wotu ʋɔtru la.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienyã ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o.


Eyaŋuti miawo hã minɔ dzadzraɖoɖi; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si miele mɔ kpɔm ne o la dzi.


Amewo katã nanya miaƒe tufafa! Aƒetɔ la gogo.


Elabena alesi dzi kea dzo le ɣedzeƒe, eye wòklẽna ɖe ɣetoɖoƒee la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.


Mina dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye, eye mina miatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo xoxo.


Nɔviwo, migaɖu tse de mia nɔewo ŋuti o, bene womagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; kpɔ ɖa, ʋɔnudrɔ̃la la le tsitre ɖe ʋɔtru la nu.


Ke minya esia bena, ɖe wònye aƒeatɔ anya zã ƒe ŋudzɔɣi, si me fiafitɔ ava la, anye ne anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔe bena, wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o.


Ke minya esia bena, ne aƒeatɔ anya gaƒoƒo, si dzi fiafitɔ ava la, anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔe be, wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã yi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite