Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Elabena alesi dzi kea dzo le ɣedzeƒe, eye wòklẽna ɖe ɣetoɖoƒee la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye Amegbetɔ Vi la ƒe vava anɔ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:27
18 Referans Kwoze  

eye woagblɔ bena: Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me.


Miawo hã migbɔ dzi blewu, mido ŋusẽ miaƒe dziwo; elabena Aƒetɔ ƒe vavaɣi ɖo vɔ.


Amekae ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe, eye amekae anɔ te ɖe eƒe dodo nu? Elabena ele abe galólola ƒe dzo ene; eye wole abe avɔnyãla ƒe adzalẽtsi ene.


Yehowa ado ɖe wo ta me, eye ele aŋutrɔ alũ ʋɔ abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ, eye wòanɔ dziehe ƒe ahom me ave yi.


eye womedze sii o, vaseɖe, esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii ta, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.


Eye sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo no la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.


Vavã mele egblɔm na mi bena, amea ɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖo ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.


Eye Yehowa ana woase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye woakpɔ eƒe alɔ ƒe ɖiɖiɖeanyi le ɖɔmedzoe ƒe bublu, dzo binu ƒe aɖe, ahom, tsidzadza gãwo kple dzikpewo me.


Eɖea asi eŋu ɖona ɖe dziƒo blibo la te, eye eƒe dzikedzo dea anyigba ƒe mlɔeanu.


Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi la, nusrɔ̃lawo va egbɔ wo tɔxe gblɔ bena: Gblɔe na mi, ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.


Ate ŋu ada dzikedzowo, eye woayi ava gblɔ na wò be: Míawoe nye esia?


Eye nu gbagbeawo le du dzi tso afi yi afi abe dzikedzo ene.


Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Eyaŋuti ne woagblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, ele gbedzi, migayi o; kpɔ ɖa, ele xɔgã me, migaxɔe se o.


Eyaŋuti miawo hã misu te; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite