Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 “Le nyateƒe me la, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔƒome la katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la, woato ŋkeke siawo ɖe eme.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:22
13 Referans Kwoze  

Eye ne menye bena, ɖe Aƒetɔ la ɖe ŋkekeawo dzi o la, ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; gake le ame tiatia, siwo wotia ŋuti la, eɖe ŋkekeawo dzi.


Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi.


Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.


Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.


elabena esime mekpɔ dzi vi haɖe o, eye womewɔ nyuia ɖeke alo vɔ̃a ɖeke hã o la, bene Mawu ƒe tameɖoɖoɖi nanɔ anyi le tiatia la nu, menye tso dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ tso amesi yɔna la gbɔ —


Elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ; ke ame ʋeewo nye amesiwo wotia.


Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã?


Maƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem ŋu, ne woawɔ aʋa kplii, woaxɔ ɖua, eye woaha xɔwo, woagblẽ nyɔnuwo, eye ɖu la ƒe afã ayi aboyo me, ke womatsrɔ̃ dukɔ la ƒe susɔe le ɖua me o.


Ale Yehowa gblɔ esi: Woetsrɔ̃ akpa etɔ̃liawo eve le anyigba blibo la dzi, eye woaku, eye akpa efɔ̃llawo ɖeka asusɔ ɖe edzi.


Eye ne akpa ewolia susɔ la, woagatsrɔ̃ eya hã ɖa; ke abe alesi ne wolã sesewu kple logoti, eye takpoea kpɔtɔna la, nenema ƒome kɔkɔe la anye takpoea.


Petro, Yesu Kristo ƒe apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amedzro, siwo ka hlẽ ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia, amesiwo nye ame tiatiawo


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite