Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 24:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 amesi le xɔ ta la, megaɖi va tsɔ naneke tso eƒe me yii o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ame si le eƒe xɔ ta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke le eme o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 24:17
14 Referans Kwoze  

Nusi gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nusi ke Sem miele ɖe to me la, miɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me.


Ke esi ŋu ke, esime wole mɔa dzi, eye wolũ dua la, Petro yi gbe do ge ɖa le xɔta, anɔ ga ade me,


Eyaŋuti nusianu, si ke miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nusi miegblɔ ɖe to me le xɔgã me la, woaɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me.


Eye esi womekpɔ alesi woawɔ atsɔe vɛ le ameha la ŋuti o la, woyi ɖe xɔta, eye woɖiɖii ɖe anyi to mɔ, si woɖe la me kple eƒe aba la ɖe titina ɖe Yesu ŋku me.


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe?


Emegbe woɖi tso toa dzi yi dua me, eye wòƒo nu kple Saul le xɔta.


Ne ètu xɔ yeye la, ekema to kpɔ ɖe xɔ la ta, bena amea ɖeke magage le edzi, eye nana wò aƒe naɖe hlɔ̃fe o.


Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽe teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã te esi la, ana be eƒe agbe ta.


Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ.


ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi;


eye amesi le abɔ me la, megagbugbɔ va tsɔ eƒe avɔ yii o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite