Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 23:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo; elabena wowɔa woƒe ŋkuɖodzinuwo wokekena, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 “Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona be amewo nakpɔ be yewonye ame kɔkɔewo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 23:5
20 Referans Kwoze  

elabena wolɔa amewo ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu.


migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui;


Aleke lawɔ miawo miate ŋu axɔ ase, esi miele kafukafu xɔm tso mia nɔewo gbɔ, eye kafukafu ma, si tso Mawu ɖeka gbɔ la, miedia eya o mahã?


Eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye amesiwo le afia tsom na mia ŋu tɔwo mia ɖokui le amewo ƒe ŋku me, gake Mawu nya miaƒe dziwo me; elabena nusi nye nu gã le amewo dome la, enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋku me.


Bla wo ɖe wò asi ŋu abe dzesi ene, eye bla wo ɖe ŋgonu le ŋudome;


amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe ɖiɖiwo dom ɖa; amesiawo laxɔ fɔbubu sesẽtɔ awu.


De gbo wò avɔ, si nẽtsyɔna la, ƒe dzogoe eneawo ŋu.


Eye wòanye dzesi na wò anɔ wò asi ŋu kple ŋkuɖodzinu anɔ wò ŋgonu, bena Yehowa ƒe se la nanɔ wò nu me, elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ wò tso Egipte.


Hafi amea ɖewo ɖea gbe ƒã Kristo le ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ ŋuti; ke amea ɖewo hã ɖea gbe ƒãe le tameɖoɖo nyui ŋuti:


Amesi le nu ƒom le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, dia ye ŋutɔ ƒe kafukafu: ke amesi le amesi ɖoe ɖa la ƒe kafukafu dim la, eyae nye nyateƒetɔ, eye nu madzɔmadzɔ mele eyama me o.


Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ la, to emegbe va te ɖe eŋu, eye wòde asi eƒe awuto ŋu;


Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o; tsɔ wo de kɔ, ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi;


amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi de mawuƒe la me hele eɖokui fiam be, yenye Mawu.


eye wogblɔ bena: Va miyi, ne nakpɔ, alesi mele ŋu nam ɖe Yehowa nui eye wòna woɖo eƒe tasiaɖam la.


Eyata mina nye nya siawo nage ɖe miaƒe dzi kple miaƒe luʋɔ me, mibla wo ɖe asi ŋu abe dzesi ene, eye mibla woɖe ŋgonu le ŋudome.


Eye ne nunɔla la kpɔe ɖa le ŋkeke adreagbe, eye aklabi la melolo ɖe dzi o, ɖa, siwo le eteƒe, mezu hẽ o, eye aklabi la teƒe menyẽ ɖe me o la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite