Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 23:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke wodoa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la, hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta; gake woawo ŋutɔ melɔ̃na be, woƒe asibide ɖeka naka wo ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Woblaa agba kpekpewo tsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta, gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 23:4
10 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ bena: Baba na mi sefialawo hã! Elabena mietsɔa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la, ɖoa amewo dzi, eye mia ŋutɔwo la mietsɔa miaƒe asibide ɖeka ka agbawo ŋu o.


Azɔ nukaŋuti miele Mawu tem kpɔ be, miatsɔ kɔkuti, si mia fofowo kple mia ŋutɔwo hã miete ŋu tsɔ o la, aku nusrɔ̃lawo ƒe kɔa?


Elabena amesiwo wotso aʋa na ŋutɔ hã, melé se la me ɖe asi o, ke boŋ wole didim be, miana yewoatso aʋa na mi, bene yewoaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã me.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miena ahame, sikɔni kple tsyo ƒe memamã ewolia, eye miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi; ke esiawo le bena, miawɔ, eye miagagblẽ ekemeawo ɖi mawɔmawɔ o.


Ke mele gbɔgblɔm na mi ame mamletɔwo le Tiatira, amesiwo katã melé nufiafia sia me ɖe asi o, amesiwo menya Satana ƒe globoƒewo (abe alesi woyɔnɛ ene) o la: Nyemele agba bubua ɖeke da ge ɖe mia dzi o;


Elabena enyo Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple miawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gãa ɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o,


Bel mũ, eye Nebo do dɔgɔe; wotsɔ miaƒe legba, siwo mieléna ɖe ta la, de asi na agbatsɔlãwo, wotsɔ wo do agbae ɖe lã, si ŋu ɖeɖi te la dzi.


eyaŋuti nusianu, si wogblɔ na mi la, miwɔe, eye milé eme ɖe asi; gake la migawɔ nu ɖe woƒe nuwɔnawo nu o, elabena wogblɔnɛ, ke womewɔnɛ o.


Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite