Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 23:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Elabena mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi yina la miegale kpɔ ye ge o, vaseɖe esime miagblɔ bena: Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

39 Ke mele egblɔm na mi be, miegale kpɔ nye ge o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’ ”

Gade chapit la Kopi




Mateo 23:39
15 Referans Kwoze  

Woayra amesi gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi! Míeyra mi tso Yehowa ƒe me.


Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Mia fofo Abraham dzɔ dzi be, yeakpɔ nye ŋkeke la, eye wòkpɔe, eye wòkpɔ dzidzɔ.


Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.


Azɔ egagblɔ na wo bena: Nye la mele dzodzo ge, eye miadim, eye miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃ la me afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o.


Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Ŋkekewo gbɔna, le esi me miadi be, míakpɔ Amegbetɔvi la ƒe ŋkekewo dometɔ ɖeka, eye míakpɔe o.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia kple amegã, akpedavɔsa kple legba, kɔmewu kple aklama kpakpɛa ɖeke mana wo si o.


Esusɔ ʋee ko, eye xexeame megale kpɔ ye ge o; ke miawo la miakpɔm; elabena nye la mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.


Yesu gblɔ nɛ bena: Filipo, ɣeyiɣi geɖe siawo menɔ anyi kpli mi, eye mènyam o mahã? Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la, eye aleke gblɔm nèle bena: Fia Fofo la mí mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite