Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 23:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Fifia miaƒe aƒee ma zu aƒedo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 23:38
21 Referans Kwoze  

Yehowa be: Ke ne mieɖo to nya siawo o la, ekema metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne aƒe sia mazu aƒedo o fĩ!


Kpɔ ɖa woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒeɖoe. Mele egblɔm na mi bena: Miegale kpɔ ye ge o, vaseɖe esi me miagblɔ bena: Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me.


Eye wòadze yi nu, eye woaɖe wo aboyo ayi ɖe dukɔwo katã dome, eye trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.


Ke ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vo.


Nusiawo, siwo ke kpɔm miele la, ŋkekewo gbɔna, le esiwo me womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.


ekema matsrɔ̃ Israel ɖa le anyigba, si mena wo la dzi, eye mate xɔ sia, si ŋu mekɔ hena nye ŋkɔ la ɖa le ŋkunye me, eye Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.


Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi;


Ke eɖo eŋu gblɔ na wo bena: Ɖe miele nusiawo katã kpɔma? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele kpe gblẽ ge ɖe kpea ɖeke dzi le abi, si womatu asii aƒu anyi o.


Ale Yehowa gblɔ esi; Nyemagakpɔ anyigbadzitɔwo ta azɔ o, eye matsɔ amesiame ade asi na ehavi kple eƒe fia, woagbã anyigba gudugudu, eye nyemaxɔ ame le wo si me o.


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


Woƒe mo netsyɔ zi, ne womagakpɔ nu o, eye na woƒe ali nanɔ ʋaʋãm tegbee!


Trɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe wo dzi, eye wò dziku heliheli nelé wo!


Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam bena: Ne xɔ gbogboawo matrɔ zu gbegbe, eye xɔ gã nyuiawo mazu xɔdowo o fĩ!


Metsrɔ̃ ɖukɔwo, eye woƒe mɔ̃wo gbã; meɖo gbegbe woƒe ablɔwo, eye ame megatoa wo me yina, o; woƒe ɖuwo gbã zu aƒeɖo, eye ame vɔ le wo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite