Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 22:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 „Nye enye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã? Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbegbewo toe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 ‘Nyee nye Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu’ oa? Eya ta minyae be Mawu la menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawu wònye.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 22:32
9 Referans Kwoze  

Eyome egblɔ be: Nyee nye fofowò ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu. Tete Mose tsɔ nu tsyɔ mo, elabena ele Mawu kpɔkpɔ yɔm.


„Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu la, Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la.“ Ke Mose dzo nyanyanya, eye medo dzi be, yeakpɔe nyuie o.


Ke azɔ la denyigba, si nyo wu la, le wo dzrom, esia nye dziƒo tɔ. Eyata ŋu mekpe Mawu le wo ŋuti be, wòyɔe be woƒe Mawu o; elabena edzra du ɖo na wo.


Esime nuɖuvɔsaɣi ɖo la, nyagblɔɖila Eliya te va hegblɔ bena: Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewo nusiawo katã le wò nya nu.


Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi gome la, ɖe miexlẽ nya, si Mawu gblɔ ɖi na mi bena:


Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite