Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 22:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi gome la, ɖe miexlẽ nya, si Mawu gblɔ ɖi na mi bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, mabia mi be miexlẽ mawunya kpɔ oa? Mienyae be miawoe Mawu nɔ nu ƒom na esi wògblɔ be,

Gade chapit la Kopi




Mateo 22:31
7 Referans Kwoze  

Eye wogblɔ nɛ bena: Ese nusi ame siawo le gbɔgblɔm mahã? Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ẽ! Alo miexlẽe kpɔ bena: „Ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo o mahã?


Ke egblɔ na wo bena; Alo miexlẽ nusi Dawid wɔ, esime dɔ wu eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, kpɔ o mahã?


Yesu gblɔ na wo bena: Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?


Ke ɖe mienya nusia bena: „Nublanuikpɔkpɔ dim mele, eye menye numeme o“ gɔme la, anye ne miedo ɖe amesiwo ŋu nuvɔ̃ mele o la, ta o.


Ke miyi ɖasrɔ̃ nusia gɔme. „Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye numeme o.“ Elabena nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko.


Elabena le tsitretsitsi la me la womeɖea srɔ̃ o, eye womenana woɖea wo hã o; ke boŋ wole abe mawudɔlawo le dziƒo ene.


„Nye enye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã? Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbegbewo toe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite