Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 22:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 eye wògblɔ nɛ bena: Xɔ̃nye, aleke wɔ nèva afisia, eye medo srɔ̃ɖewu o mahã? Eye eƒe nu tsi te.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ mèdo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsu la ƒe nu tsi te, elabena menya nya si tututu wòagblɔ o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 22:12
13 Referans Kwoze  

Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Eye wòɖo eŋu gblɔ na wo dometɔ ɖeka bena: Xɔ̃nye, nyemewɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò o, alo mia kpli wò la menye denario dzi mienyi asi ɖo o mahã?


Mɔkpɔkpɔ li na hiãtɔ, eye nu vlo wɔwɔ amia nu.


Ekpɔa eƒe ame dzɔdzɔewo ƒe afɔ dzi, ke ame vlowo atsrɔ̃ ɖe viviti me; elabena ame ƒe ŋusẽ mena wòzua dziɖula o.


elabena anyae be, amesia tɔgbe gblẽ keŋ, eye wòwɔa nuvɔ̃ hebua fɔ eɖokui.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Xɔ̃, nukaŋuti neva ɖo? Tete wote ɖe: eŋuti, eye wotsɔ woƒe asiwo do Yesu dzi, eye wòlée kpli.


Alesi ne asi lu fiafi ŋu kpenɛ la, nenema ŋu akpe Israel ƒe aƒe la hekpe ɖe woƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ŋu,


Aleke nagblɔ be, yemegblẽ ye ɖokui ŋu o, yemedze Baal yome o? Lé ŋku ɖe wò azɔlime ŋu le bali la me, eye nadze si nusi nèwɔ la, kposɔnɔ ɖidu, si le tsa glãla tsam le eƒe mɔ dzi la, nènye.


Dzime dzɔdzɔe tɔwo kpɔe, eye dzi dzɔ wo, eye vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã miã nu.


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ne miaƒe dzɔdzɔenyenye la maƒo agbalẽfialawo kple farisitɔwo tɔ ta sa o la, ekema miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite