Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ, eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la!” “Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!” “Hosana le dziƒo ʋĩi!”

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:9
11 Referans Kwoze  

Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.


Elabena mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi yina la miegale kpɔ ye ge o, vaseɖe esime miagblɔ bena: Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la dzi.


Eye esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nukudɔ, siwo wòwɔ, kple ɖevi, siwo le ɣli dom le mawuƒe la me bena: Hosana na Dawid vi la! la, eve dome na wo.


Esi Yesu dzo le afima yina la, ŋkuagbãtɔ eve dze eyome, le ɣli dom gblɔ bena: Dawid vi la, kpɔ mía nublanui!


Mikafu Yehowa! Mikafu Yehowa tso dziƒo; midoe ɖe dzi le kɔkɔƒewo!


Eye esi wòva Yerusalem la, du blibo la katã ƒo zi gblɔ bena: Ameka nye esia?


Kpɔ ɖa woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒeɖoe. Mele egblɔm na mi bena: Miegale kpɔ ye ge o, vaseɖe esi me miagblɔ bena: Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite