Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Eye amesi ke ladze kpe sia dzi la, aŋe gudugudu; eye amesi ke dzi wòadze la, atui memie.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

44 Nyateƒe, nya sia ɖe wòle abe kpe ene; ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui, eye ame si dzi kpe sia age adze la, agbã gudugudu.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:44
22 Referans Kwoze  

amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Kpɔ ɖa, meɖo nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe anyi ɖe Zion, eye amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“


Amesiame, si adze kpe ma dzi la, aŋe gudugudu; ke amesi dzi wòadze la, atui memie.


Eye dukɔ blibo la katã xɔ dzi bena: Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi!


esi wòxea mo na mí, bena míagagblɔ nya na trɔ̃subɔlawo, bene woaxɔ wo ɖe agbe o, bene woayɔ woƒe nuvɔ̃wo taŋtaŋ ɖaasi la ŋuti; ke dziku, si ava wo dzi la, yɔ taŋtaŋ.


Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; ke baba na nenem me, si lade Amegbetɔvi la asi! Enyo na nenem me la bena, womegaxae dzi o.


Ɣemaɣi la matsɔ Yerusalem awɔ kpegbae na dukɔwo katã; amesiwo katã be, yewoakɔe la, woade abi wo ɖokui ŋu, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo takpli de eŋu.


Yesu ɖo ŋu ne bena: Ŋusẽa ɖeke manɔ asiwò ɖe ŋunye o, ne menye ɖe wona wò tso dziƒo o; le esia ta amesi dem asi na wò la, wɔ nuvɔ̃ wu wò.


Dukɔ kple fiaɖuƒe, siwo be, yewomade ta tewò o la nu ayi, eye woatsrɔ̃ anyigba dzi dukɔ mawo gbidigbidi.


Migbugbɔ nu na via, be megado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋee, eƒe dɔmedzoe nafla. Woayra amesiwo katã sii tso la!


Àtsɔ gatikplɔ ato wo nyanyanya, eye agbã wo ahe zemela ƒe ze ene!


Eyata Yehowa ƒe nya ava me ɖe wo ŋu be. Se ɖe se dzi, se ɖe se dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, afi ʋee, game ʋee, ne woazɔ ahate gbugbɔɖemegbee adze anyi, eye woagbã gudugudu, mɔ̃ aɖe wo, eye asi atu wo.


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.


Ke esi nunɔlagãwo kple farisitɔwo se eƒe lododoawo la, wodze sii bena, yewo ŋuti wòdo wo ɖo.


Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite