Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Yesu gblɔ na wo bena: Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Yesu gabia wo be, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa’?

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:42
13 Referans Kwoze  

Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo kpea ɖe anyi ɖe Zion, kpe, si wodo kpɔ, dzògoekpe xɔasi, si li ke zã. Amesi xɔe se la, masi o.


Esia nye kpe, si mi xɔtulawo miegbe la, eya tra zu dzogoekpe.


amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le,


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Kpɔ ɖa, meɖo nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe anyi ɖe Zion, eye amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“


Miɖe ŋku de dukɔwo dome, mikpɔ nu, eye miaƒe nu neku! Elabena mele nane wɔ ge le mia ŋɔli, eye ne wotoe na mi la, miele exɔ ge ase o.


Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite