Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Ke agbledelawo lé eƒe dolawo, woƒo ame ɖeka, wowu ame ɖeka, eye woƒu kpe ame ɖeka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie, eye woƒu kpe etɔ̃lia.

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:35
23 Referans Kwoze  

Tete wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò, wotsɔ wò se la ƒu gbe ɖe megbe, eye wowu wò nyagblɔɖila, siwo xlɔ̃ nu wo, be wioatrɔ wo ɖe ŋuwò la, eye wobɔ ahɔhlɔ ga.


Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;


Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.


Eye esime wòɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ amesiwo wowu le Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖi, si wolé ɖe asi ŋuti la, ƒe luʋɔwo le vɔsamlekpui la te;


Yakatsyɔ meƒo mia viwo, wodo toku tohehe la. Miaƒe yi ɖu miaƒe nyagblɔɖilawo abe dzata vuvunu ene.


Tete dzi ku Asa ɖe nukpɔla la ŋu, eye wòtsɔe de gaxɔ me, elabena dɔme vee ɖe eŋu te nya la ta. Eye Asa sẽ ŋuta le dukɔ la dometɔa ɖewo ŋu ɣemaɣi.


Tete Zedekiya, Kenaana vi, te va ƒo to me na Mixa gblɔ bena: Afika Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le gbɔnye yi hafi ƒo nu kpli wò?


Eɖo ŋu bena. Ɖe meʋã ŋu ɖe Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, nu, elabena Israel-viwo gblẽ wò nubabla ɖi, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi; ke nye ɖeka koe kpɔtɔ, eye wole nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa.


Tete Izebel da ame ɖo ɖe Eliya be, wòagblɔ nɛ bena: Mawuwo afiam agafiam ɖe dzi, ne nyemewɔ wò agbe etsɔ wɔle siawo abe wo dometɔ ɖeka ƒe agbe ene o fi!


Ɖe womegblɔ nusi mewɔ la, na nye aƒetɔ oa? Esi Izebel wu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo, eye meɣla Yehowa ƒe nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃ hetsɔ abolo kple tsi nyi wòe oa?


Esi Izebel tsrɔ̃ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo la, Obadya kplɔ nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖaɣla ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃, eye wòtsɔ abolo kple tsi nyi wòe.


Eye esi Yeremya mekpɔ ɖe nu le nya, siwo katã Yehowa de esi, be wòagblɔ na dukɔ blibo la gbɔgblɔ me o la, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple dukɔ blibo la lée gblɔ bena: Àku kokoko!


Tete amegãwo do dɔmedzoe ɖe Yeremya ŋu, eye woƒoe hetsɔe de gaxɔ me ɖe agbalẽŋlɔla, Yonatan ƒe xɔ, si wotsɔ wɔ gaxɔe la me.


Eye esi kutseɣi ɖo la, edo eƒe dɔlawo ɖo ɖe agbledelawo gbã, bena woaxɔ eƒe kutsetsewo vɛ.


Egadɔ dɔla bubu geɖewo sɔ gbɔ wu gbãtɔwo, eye wowɔ woawo hã nenema ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite