Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye ne amea ɖe agblɔ nane na mi la, migblɔ bena: Aƒetɔ la le wo hiãm, eye enumake adɔ wo ɖa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm, eye ne miegblɔ esia la, womagabia nya aɖeke mi o.’ ”

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:3
18 Referans Kwoze  

eye menye amewo ƒe asiwò hã wotsɔna subɔnɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o, esi eya ŋutɔ na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame,


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Fofo la lɔ̃a Via, eye wòtso nuwo katã de esi me.


Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo.


Dawid ƒe ha. Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo.


Woakafu Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, si ɖe nusia dzi me na fia la, be wòaɖo atsyɔ̃ na Yehowa ƒe xɔ le Yerusalem,


Tete Yuda kple Benyamin ƒe aƒekɔwo, nunɔlawo kple Lewi-viwo, amesiame, si ƒe gbɔgbɔ Mawu nyɔ la, tso be, yewoayi aɖatu Yehowa ƒe xɔ le Yerusalem.


Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;


Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la — ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa nya Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena;


Tso, nayi Zarpat, si nye Zidontɔwo tɔ, eye natsi afima; kpo ɖa, meɖe se na ahosia ɖe le afima, be wòanyi wò.


Eye Saul hã yi aƒe le Gibea, eye kalẽtɔ, siwo ƒe dzi Mawu ʋã la, yi kplii.


Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa ɖeke meli o.


gblɔ na wo bena: Miyi kɔƒe, si le mia ŋgɔ la me, eye enumake míakpɔ tedzi kple via le ka me; mitu wo, ne miakplɔ wo vɛ nam.


Ke nusia va me, bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite