Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye woɖo eŋu na Yesu bena: Míenye o. Eya hã gblɔ na wo bena: Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ, si metso wo esiawòe la, na mi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.” Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi o.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:27
19 Referans Kwoze  

Ke ne wotsyɔ nu miaƒe nyanyuiea dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le,


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Ame la xɔ dzi gblɔ na wo bena: Esia mee wòwɔ nuku le bena, mienya afisi wòtso o, eye wòʋu nye ŋkuwo.


Eye ŋdi la miegblɔna bena: Egbe la tsi le dzadza ge; elabena dziƒo biã, eye woxe lilii. Alakpatɔwo, miedzea si dziƒo ƒe nɔnɔme, aleke wɔ miate ŋu adze si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o mahã?


Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.


Ameka wòafia sidzedzee, eye ameka wòaɖe nya gome na? Ɖevi, si dzudzɔ notsi, kple ɖevi, si ɖi le noea?


Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ, eye natre eƒe ŋkuwo, ne magakpɔ nu kple eƒe ŋkuwo, wòase nu kple eƒe towo, eye wòase nu gɔme kple eƒe dzi, ne wòatrɔ la me, eye eƒe lãme nahaya o.


Ne miegblɔ bena, dziƒo wòtso la, agblɔ na mí bena: Ekema nukaŋuti miexɔ edzi se o? Ke ne miegblɔ bena, amewo gbɔ wòtso la, ekema mievɔ̃ ameha la; elabena wo katã wobu Yohanes abe nyagblɔɖila ene.


Ke nuka miesusuna? Vi eve le amea ɖe si, eye wòva gbãtɔ gbɔ gblɔ bena: Vinye, heyi nawɔ da le weinbɔ la me egbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite