Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wònyã amesiwo katã le nu dzram kple nu ƒlem le mawuƒea me la ɖo go, eye wòmũ ga ɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le akpakpa dzram la ƒe zikpui wo ƒu anyi;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã.

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:12
18 Referans Kwoze  

Ke nenye xewo wòbe, yeatsɔ asa vɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi asa vɔ lae.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.


eye be woana numeme, abe alesi wogblɔ le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Akpakpa eve alo ahɔ̃nevi eve.“


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawo numevɔsae, eye ɖeka woawo nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.


kpakple akpakpa eve alo ahɔnevi eve, esi ke woate ŋu anya na ko; woatsɔ ɖeka asa fɔɖivɔe, eye woatsɔ evelia asa numevɔe.


Amesiwo woxlẽ la dome ɖesiaɖe nadzɔ sekel kɔkɔe atãafã. Gera blave enye sekel kɔkɔe ɖeka. Sekel afãafã wòadze na Yehowa.


Eye wòyi Yerusalem ɖe mawuƒe la me, eye esi wòtsa ŋku nuwo katã godoo, eye fiẽsi le ɖoɖom la, eyi ɖe Betania kple ame wuieve la.


Emegbe wòawɔ akpakpa alo ahɔnevi, siwo ke ame la te ŋu na la, dometɔ ɖeka ŋu ɖɔ;


Nenye ŋutsuvi alo nyɔnuvie, eye ŋkekeawo de eŋu ko la, ekema wòalé alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, woawo numevɔsae, kple ahɔnevi alo akpakpa woawɔ nuvɔ̃vɔsae, avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Le ŋkeke enyiagbe la wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu?


Le ŋkeke enyiagbe la woatso akpakpa eve alo ahɔnevi eve ava Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye woatso wo na nunɔla,


Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Eye Yudatɔwo ƒe ŋutitoto la ɖo, eye Yesu yi ɖe Yerusalem.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite