Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 21:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye esi wòva Yerusalem la, du blibo la katã ƒo zi gblɔ bena: Ameka nye esia?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi gã aɖe ŋutɔ tɔ; ame sia ame kloe nɔ biabiam be, “Ame kae nye ame sia mahã?”

Gade chapit la Kopi




Mateo 21:10
14 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle; asẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu.


Ke Herodes gblɔ bena: Yohanes la, metso ta le enu, ke ameka nye esia, amesi ŋuti mese nusiawo tɔgbe le mahã? Eye wòdi be, yeakpɔe.


Tete amesiwo le kplɔ̃a ŋuti kplii ta, de asi gbɔgbɔ me le woa ŋutɔ ɖokui me bena: Amekae nye esia, si tsɔa nuvɔ̃wo hã kena mahã?


Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo de asi ɖikeke me gblɔ bena: Ameka enye esia, si gblɔ busunyawo? Ameka ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa?


Amekae nye esi tso Edom gbɔna, eye wole awu dziwo me tso Bozra, amesi tsɔ eƒe awuwo ɖo atsyɔ̃e, eye wòle yiyim le eƒe ŋusẽ geɖe la me? Nyee nye amesi ƒoa nu ɖe eteƒe, eye xɔname bɔ ɖe asinye.


Amekae nye ekem tso gbe me gbɔna abe dzudzɔ babla ene, eye atike ʋeʋẽe, dzudzɔ ʋeʋée donu kple nudzralawo ƒe atike vovovowo le ya ɖem le eŋu?


Samuel wɔ, alesi Yehowa gblɔ nɛ la, eye wòva Betlexem. Tete dumegãwo ɖi vo, eye woyi ɖakpee gblɔ be: Ŋutifafa nèhe vɛa?


Ale woa kple eve la wodze mɔ heva Betlexem. Eye esi woɖo Betlexem la, du blibo la ƒo zi ɖe wo ŋu le gbɔgblɔm bena. Naomi enye sia?


Tete Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Dzesi kawo nèfia mí bena, èwɔ nusiawo mahã?


eye wogblɔ nɛ bena: Gblɔe na mi, ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe? Alo amekae tsɔ ŋusẽ sia na wò mahã?


Ke esi fia Herodes se esia la, dzika tso eya kple Yerusalem katã ƒo.


Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!


Eye amehawo gblɔ bena: Amesia enye nyagblɔɖila Yesu, si tso Nazaret le Galilea.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite