Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 20:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke esi fiẽsi ɖo la, weinbɔtɔ la gblɔ na eƒe xɔnuvi bena: Yɔ dɔwɔlawo vɛ, eye nana fetu wo, eye nadze egɔme atso mlɔetɔwo dzi vaseɖe gbãtɔwo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 “Azɔ esi fiẽ ɖo la, agbletɔ la yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na dɔwɔlawo, eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agble la me mamlɛa la dzi.

Gade chapit la Kopi




Mateo 20:8
22 Referans Kwoze  

Gbemagbe ke naxe fe nɛ, eye ɣe megaɖo to ɖee o, elabena ame dahe wònye, eye eya ŋu eƒe ŋku le, ne magayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatrɔ zu fɔɖiɖi na wò o.


Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.


nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.


Elabena ele na dzikpɔla bena, wòanye mokaka manɔŋutɔ, abe Mawu ƒe xɔnuvi ene; Wòaganye ɖokuiŋudzela o, wòaganye dɔmedzoetɔ o, wòaganye aha geɖe nola o, wòaganye ameƒola o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o;


Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Azɔ amekae nye xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala, amesi eƒe aƒetɔ aɖo eƒe aƒemetɔwo dzi be, wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?


Eye aƒe ma me ke mianɔ, aɖu, eye ano nusi ke le wo si; elabena dɔwɔla dze eƒe fetu. Migatso aƒe me yi aƒe me o.


kple Yohana, Kuza, si nye Herodes ƒe xɔnuvi la srɔ̃, kple Susana kple ame bubu geɖe, siwo tso woƒe nuwo subɔ wòe.


Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;


Ke le ŋkeke geɖe megbe la dɔla mawo ƒe aƒetɔ la va, eye wobu akɔnta kple wo.


Megate hawòvi ɖe anyi o, eye megada adzoe o. Megana agbatedɔwɔla ƒe fetu natsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.


Eye wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu le xɔa ƒe mo nu, eye woƒo nu kplii gblɔ bena:


Tete Abram gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, esi vikoe le wɔyem, eye ye nuwo domenyila enye Damaskotɔ Eliezer la, nuka gɔ̃ natsɔ nama?


Wogblɔ nɛ bena: Elabena amea ɖeke medɔ mi o. Egblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me.


Eye esi gaƒoƒo wuiɖekelia me tɔwo va la, wo katã woxɔ denario ɖekaɖeka.


Dɔla, si nye nuxalawo dzikpɔla, ɖo ŋu bena: Moab-nyɔnu, si kple Naomi wotso Moab-nyigba dzi vae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite