Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 20:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eve kpo ɖa, ŋkuagbãtɔ eve bɔbɔ nɔ mɔ to; esi wose bena, Yesu le wo ŋuti tom yina la, wodo ɣli gblɔ bena: Dawid vi la, kpɔ mia nublanui!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose be Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la, wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí!”

Gade chapit la Kopi




Mateo 20:30
21 Referans Kwoze  

Eye wova Yerixo; eye esi wòdo go tso Yerixo kple eƒe nusiawo kple ameha gã la, Bartimeo, Timeo vi, si nye nubiala ŋkuagbãtɔ la, bɔbɔ nɔ anyi ɖe mɔ to.


Aleke miebuna le Kristo la ŋutii? Ameka vi wònyea? Woɖo ŋu nɛ bena: Dawid vie.


Eye ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ le mawuƒe la me, eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!


Esi wònye nyagblɔɖila, eye wonyae bena, Mawu do ŋugbe nɛ kple atamkaka bena, eƒe alimevia ɖe nanɔ eƒe fiazikpui dzi,


Eye le gaƒoƒo ma dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòna ŋkuagbãtɔ geɖewo kpɔ nu.


Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,


Eye kpo ɖa, Kanaan-nyɔnua ɖe ɖo go tso afima nutoawo me, eye wòɖo ɣli gblɔ bena: Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Vinyenyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me.


Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkuagbãtɔwo ene, eye míele asi tsam abe ŋkunɔwo ene. Míekli nu le ŋdɔkutsu dzatsɛ abe le zã me ene, eye miele ame damiwo dome abe ame kukuwo ene!


Mi tokunɔwo, mise nu, mi ŋkuagbãtɔwo, mifɔ ko dzi miakpɔ nu!


Mana ŋkuagbãtɔwo nazɔ mɔ, si Womenya o la dzi, eye makplɔ wo ato toƒe manyamanyae, mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye kpoƒeewo nazu zɔzrɔ̃e. Nusiawo wo ge mala, eye nyemadzudzɔe o.


Le ɣemaɣi la tokunɔwo ase agbalẽ sia me nyawo, eye ŋkuagbãtɔwo ƒe, ŋkuwo akpɔ nu tso blukɔ kple viviti me.


Yehowa naa ŋkuagbãtɔwo kpɔa nu, Yehowa fɔa amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo.


eye esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye dziƒoxeviwo va mii;


Eye ameha la blu ɖe wo ta, bena woazi ɖoɖoe. Ke woawo gado ɣli ɖe edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ mia nublanui!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite