Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 20:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Neganɔ nenema le mia dome o; ke amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Nyemedi be nenem nu sia nanɔ miawo hã dome o. Ame si le mia dome si di be yeanye mia nunɔla la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla,

Gade chapit la Kopi




Mateo 20:26
23 Referans Kwoze  

Ke neganɔ nenema le mia dome o; ke boŋ amesi di bena, yeazu gã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla;


Elabena Amegbetɔvi la hã menye ɖe wòva bena, woasubɔ ye o; ke boŋ bena, yeasubɔ, eye bena, yeatsɔ yeƒe agbe la ana le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.


Eye esi wòbɔbɔ na anyi la, eya ame wuieveawo, eye wògblɔ na wo bena: Ne amea ɖe ɖi bena, yeanye gbãtɔ la, nanye wo katã ƒe mlɔetɔ kple wo katã ƒe subɔla.


menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe ha me, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene,


Mele egblɔm na mi bena: Amesia la wotso afia nɛ, eye wòtre aƒemeyiyi na ame keme; elabena amesiame, si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi; ke amesi bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Tete woawo hã woaxɔ edzi nɛ agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbe míekpɔ wò bena, da le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, alo nènye amedzro, alo nèle amama, alo wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míesubɔ wò o mahã?


Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?


amesi medi be, wòanɔ gbɔnye, bena wòasubɔm de tewòƒe le nyanyuie ƒe bablawo me hafi;


Aƒetɔ la naɖi nɛ, be wòakpɔ nublanuikpɔkpɔ le Aƒetɔ la gbɔ le ŋkeke ma dzi; eye subɔsubɔdɔ geɖe, siwo wòwɔ le Efeso la, wò la ènyae petepete.


menye bena, mieɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.


Eye esi woɖo Salami la, wogblɔ mawunya la fia le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo me; eye Yohanes hã le wo ŋu abe woƒe subɔla ene.


Yesu ɖo ŋu bena: Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o, nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womãgadem asi na Yudatɔwo o, ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.


Eye nyɔnu geɖewo le afima le nu kpɔm le adzɔge, amesiwo dze Yesu yome tso Galilea le esubɔm;


Esi meklɔ ŋuwò, ke wò nu makɔmakɔawo gbe ɖiɖi le ŋuwò le wò ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo ta la, eyata ŋuwò maɖi akpa o, vaseɖe esime nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò.


Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu. Eye esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ.


eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe dɔla;


Ke miawo la miganɔ nenema o; hafi boŋ amesi nye gãtɔ le mia dome la, nazu abe suetɔ ene; eye amesi nye amegã la, nazu abe subɔla ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite