Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wogblɔ nɛ be: Le Betlexem le Yudea, elabena nenema woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Woɖo eŋu nɛ be, “Woadzi Kristo la le Betlehem le Yudea, elabena nenema woŋlɔe ɖi to nyagblɔɖila la dzi bena,

Gade chapit la Kopi




Mateo 2:5
11 Referans Kwoze  

Ɖe ŋɔŋlɔ la megblɔ bena: Kristo la ava atso Dawid ƒe ƒome kple Betlexem-kɔƒe, afisi Dawid nɔ la me o mahã?


Le ɣeyiɣi, siwo me ʋɔnudrɔ̃lawo le dziɖum la, dɔ va anyigba la dzi. Eye ŋutsua ɖe kple srɔ̃a kpakple viaŋutsu eveawoʋu tso Betlexem-Yuda, bena woaɖanɔ Moab-nyigba dzi.


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ŋkeke nenie nanɔ konyi fam le Saul, amesi megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpo ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.


Eye kpɔ ɖa, Boas tso Betlexem va, eye wògblɔ na nuŋelawo bena: Yehowa anɔ anyi kpli mi! Woɖo ŋu ne bena: Yehowa ayra wò!


Tete duametɔ, siwo katã le agboa nu kple ame tsitsiawo gblɔ bena: Míawoe nye ɖasefo! Yehowa nawɔ na nyɔnu, si le aƒewò me va ge la, abe Raxel kple Lea, nyɔnu, siwo kple eve ɖo Israel ƒe aƒe la tè dzi la ene! Wò alɔ nede dzi le Efrata, eye wò ŋkɔ nenyɔ le Betlexem!


Ale woa kple eve la wodze mɔ heva Betlexem. Eye esi woɖo Betlexem la, du blibo la ƒo zi ɖe wo ŋu le gbɔgblɔm bena. Naomi enye sia?


Katat, Nahalal, Simron, Yidala kple Betlexem. Wole du wuieve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.


Emegbe la Raxel ku, eye woɖu ɖe Efrat, si enye Betlexem, mɔ to.


Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem va bia bena:


Eye esi wòƒo dukɔ la ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo katã nu ƒu la, edzro me bia wo afisi wodzi Kristo la le.


Eye ɖekakpuia ɖe tso Betlexem-Yuda le Yuda ƒe ƒome la me; enye Lewitɔ, eye wònye amedzro le afima.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite