Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 2:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 eye wòva nɔ du, si woyɔna be Nazaret la me, bene woawu nya, si wogblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖilawo dzi la nu bena: Woayɔe be Nazaretetɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 eye wòyi ɖanɔ Nazaret. Esia wu nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi la nu be, “Woayɔe be Nazaretitɔ.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 2:23
20 Referans Kwoze  

Elabena kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ akpɔ o, elabena Mawu ƒe klu wòanye tso dada ƒe dɔme, eye eya ade asi Israel ɖeɖe me tso Filistitɔwo si me.


Nya ka le mía kple wò dome, wò Yesu Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ ge mahã? Menya amesi nènye, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye.


Ke esi wòto agboa nu do go la, nyɔnudɔla bubu hã kpɔe, eye wògblɔ na amesiwo le afima bena: Amesia nɔ anyi kple Yesu, Nazaretetɔ la kpɔ.


Ke esia katã va me, bene woawu nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena:


Elabena miekpɔ ŋutsu sia bena, enye dɔvɔ̃ kple amesi ɖea zi Yudatɔwo katã dome le xexeame godoo, eye wònye Nazaretɔwo ƒe kɔmamã ƒe amegã,


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


Ke Pilato ŋlɔ eƒe nutsonya heɖo atitsoga la ƒe tagbɔ. Eye wòŋlɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe fia la.


Tete wògabia wo bena: Ameka dim miele? Eye wogblɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae!


Woɖo ŋu nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae! Yesu gblɔ na wo bena: Nyee nye esi! Ke Yuda hã, amesi fia eyome mɔ la, le tsitre ɖe wo gbɔ.


Eye esi wowu nuwo katã nu le Aƒetɔ ƒe sea nu la, wògatrɔ yi Galilea ɖe woawo ŋutɔ ƒe du Nazaret la me.


Eye le ɣleti adelia me la Mawu dɔ dɔla Gabriel ɖo ɖe Galilea-dua ɖe, si ŋkɔ enye Nazaret la me,


Esia nye se na amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu. Ne ŋkeke, siwo wòkɔ eɖokui ŋu de la, ekema woakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!


Eye amehawo gblɔ bena: Amesia enye nyagblɔɖila Yesu, si tso Nazaret le Galilea.


Eye wòva ve me le ŋkeke mawo me bena, Yesu tso Nazaret le Galilea va, eye Yohanes de mawutsi ta ne ɖe Yordan-tɔsisi la me.


Eye woto nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae le eŋuti tom.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite