Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 2:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 gblɔ bena: Fɔ, nakplɔ ɖevi la kple dadaa ayi ɖe Israel-nyigba dzi, elabena amesiwo le ɖevi la ƒe ku dim la, woku.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 “Tso nàkplɔ ɖevi la kple dadaa atrɔ ayi Israelnyigba dzi, elabena ame siwo le ɖevi la ƒe agbe yome tim la ku!”

Gade chapit la Kopi




Mateo 2:20
8 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ na Mose le Midian bena: Tso, gbugbɔ yi ɖe Egipte, elabena amesiwo katã le didim be, yewoatsrɔ̃ wò agbe la, woku.


Ke esi wodzo yi la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe gblɔ bena: „Fɔ, natsɔ ɖevi la kple dadaa, eye nasi ayi Egipte, eye nanɔ afima, vaseɖe esime magblɔe na wò: elabena Herodes le ɖevi la dim be, yeawu.


Ke Salomo di Yerobeam, be yeawu; gake Yerobeam tso hesi yi Egipte-fia Sisak gbɔ le Egipte, eye wòtsi Egipte, vaseɖe esime Salomo ku.


Esi Hadad se le Egipte bena, Dawid mlɔ fofoawo gbɔ, eye aʋafia Yoab ku la, tete Hadad gblɔ na Farao bena: Ɖe mɔ nam, ne mayi nye anyigba dzi.


Ke esi Herodes ku la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte


Tete wòfɔ hekplɔ ɖevi la kple dadaa va Israel-nyigba dzii.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite