Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 2:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Esi Herod kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye la, dɔ me vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutowo me, be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe ɣeyiɣi si ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivia la nu.

Gade chapit la Kopi




Mateo 2:16
21 Referans Kwoze  

Woƒe afɔwo le du dzi ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be wòakɔ ʋu maɖifɔ ɖi. Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ le wo toƒewo.


Ame vɔ̃ɖi si le dukɔ dahe dzi ɖum la, le abe dzata ɖegbe kple sisiblisi dɔwui ene.


Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu. Eye esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ.


Aʋaɣli aɖi le wò dukɔ la dome, eye woagbã wò mɔ̃ sesẽwo katã, abe alesi Salman gbã Bet-Arbel, eye wòxlã dadawo kple viwo ɖe nu la ene.


Enumake Nehukadnezar ɖe se le dɔmedzoe kple dziku me be, woaɖakplɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego vɛ; eye wokplɔ ŋutsu siawo vɛ na fia la.


Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o.


Tete Xazael gblɔ bena: Nukaŋuti nye aƒetɔ le avi fam? Eɖo ŋu bena: Menya nu vɔ̃ɖi, si wɔ ge nala ɖe Israel-viwo ŋu; àtɔ dzo woƒe du sesẽwo, eye atsɔ yi awu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye adze ƒo le woƒe funɔwo nu.


Eye Delila gblɔ na Simson bena: Kpɔ ɖa, èblem, eye nèka aʋatso nam! Gblɔ nusi woatsɔ abla wòe la nam dzro!


Aɖi woƒe nyanyrã ŋu, elabena enu sẽ, kple woƒe dziku ŋu, elabena eteƒe meka o! Mamã wo de Yakob viwo dome, eye makaka wo ɖe Israel.


Amesi dzi hlɔ̃fe le, ne esi vaseɖe aʋli me ke hã, amea ɖeke megalée o!


Ame ŋutɔ xɔlɔ̃wo ƒe alɔmeɖenu menye tsã, nye amesi yɔa Mawu, eye wòɖoa toe, nye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la anye alɔmeɖenu!


Tete Balak do dɔmedzoe ɖe Bileam ŋu, eye Balak si akpe hegblɔ na Bileam bena: Meyɔ wò vɛ, bena naƒo fi ade nye futɔwo nam loa, ɖeko nètsɔ wo yra zi etɔ sɔŋ.


Bileam ɖo ŋu na tedzinɔ la bena: Esi nedo tsukunɔm ta! Ɖe wònye yie le asinye la, ne mewu wò gɔ̃!


Eye wògblɔ nya mawo ke na eya hã bena: Kpɔ ɖa, Hebri-kluvi, si nekplɔ vɛ na mi la, va gbɔnye, be yeado ŋukpem.


eya aƒeametɔwo vɛ, eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ ɖa, ekplɔ Hebritɔ sia vɛ na mi, amesi ɖi be, yeado ŋukpe mí. Eva gbɔnye, be yeamlɔ anyi kplim, ke medo ɣli sesĩe!


Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem va bia bena:


Tete la Herodes yɔ nunyalawo yi ɖe adzame, eye wòbia ɣeyiɣi, si dzi ɣletivi la do la wo tsitotsito.


Ale wowu nya, si wogblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖila Yeremya dzi la nu bena:


Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite