Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Esi woge ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria, eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu nɛ. Woʋu nu le woƒe nunanawo nu, eye wotsɔ sika, kotoklobo kple lifi nɛ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 2:11
33 Referans Kwoze  

Kposɔwo anyẽ atsyɔ wò bibibi kple kposɔviwo tso Midian kple Efa; wo katã woatso sika kple dzudzɔ ʋeʋẽedonu atso Seba vɛ, eye woaɖe gbe ƒã Yehowa ƒe kafukafu.


Tarsis-fiawo kple ƒukpowo dzi fiawo atsa nunanawo vɛ, Saba-fiawo kple Seba-fiawo axe nudzɔdzɔ.


Eye woɖe abla va, eye wokpɔ Mana kple Yosef kpakple vidzĩe, si le anyimlɔƒe le lãnuɖunu me.


Afika Yudalawo ƒe fia, si wodzi la le? Elabena miekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe, eye mieva ta de ge agu na eyama esi.


Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo de Yehowa, mía wɔla, ŋku me!


Anɔ agbe, eye woana Seba-sikae, woado gbe ɖa ɖe eta ɖaa, eye woakafui ɣesiaɣi.


Eva Yerusalem kple ha gã ŋutɔ kple kposɔ, siwo tsɔ atike ʋeʋẽe kple sika geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasiwo, eye wòva Salomo gbɔ hegblɔ nya, siwo katã le eƒe dzi me la ne.


sikanutɔgba ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa;


Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.


Ke amesiwo le ʋua me la, dze klo nɛ gblɔ bena: Mawuvi nenye vavã.


Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si.


Eya hã va tsi tre le gaƒoƒo ma ke dzi, le Aƒetɔ kafum, eye wòƒo nu le eŋuti na amesiwo katã le Yerusalem ƒe ɖeɖe lalam.


Ke ame vloa ɖewo gblɔ bena: Amesia hãe aɖe mía? Wodo vloe, eye wometsɔ nunanaa ɖeke vɛ nɛ o. Gake esee, abe ɖe mesee o ene.


Sikanutɔgba wuieve, siwo dzudzɔdonu ya banaa; nutɔgba ɖeka da sekel kɔkɔe ewo; nutɔgbawo katã ƒe sika le sekel alafa ɖeka blave.


Eye nunɔla, si teƒe wole ami sim na viaŋutsuwo dometɔ ɖeka ɖo la, nawɔ nusiawo; ɖoɖo mavɔ wòanye, eye woatɔ dzo wo bliboe na Yehowa.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Tsɔ atike, siwo ʋẽna lilili, siwo nye: lifi lãhɛtɔ, ƒumebɔbɔgo kple atimitsi ƒomevi vovovowo; woada wo katã sɔsɔe.


Tete wo fofo Israel gblɔ na wo bena: Ne ele alea la, ekema miwɔ ale: Mitsɔ anyigba dzi nu vevia ɖewo de miaƒe kotokuwo me yi ɖana ŋutsu la: lifi kple anyitsi via ɖe, ami ʋeʋẽ, kotoklobo, ayedee kple newo.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèléa fu nu vɔ̃ɖi, eyata Mawu, wò Mawu le si dzidzɔmi na wò ƒo hawòviwo ta.


Migbugbɔ nu na via, be megado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋee, eƒe dɔmedzoe nafla. Woayra amesiwo katã sii tso la!


Eye wotsɔ sika talento alafa ɖeka kple blave kple atike ʋeʋẽe geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasiwo na fia la; womegatsɔ atike ʋeʋẽe vɛ wòsɔ gbɔ de esi Saba-fianyɔnu la na fia Salomo la nu kpɔ o.


Tsɔ atike nyuitɔ, siwo ʋẽna lilili, lifi lãhɛtɔ sekel alafa atɔ, botsyo sekel alafa eve blaatɔ̃, si nye gbãtɔ ƒe afã, gbekee sekel alafa eve blaatɔ̃,


Amekae nye ekem tso gbe me gbɔna abe dzudzɔ babla ene, eye atike ʋeʋẽe, dzudzɔ ʋeʋée donu kple nudzralawo ƒe atike vovovowo le ya ɖem le eŋu?


Ke Yesu Kristo ƒe dzidzi le ale: Esime wodo dadaa Maria ŋugbe na Yosef, eye hafi wova kpe la, wokpɔ bena, efɔ fu tso Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Ke esi wokpɔ ɣletivia la, dzi dzɔ wo geɖe ŋutɔ.


Ke esi wogale nu ƒom na amehawo la, kpɔ ɖa, dadaa kple nɔviawo le tsitre le xexe le didim be, yewoaƒo nu kpakplii.


Eye Nikodemo, amesi va Yesu gbɔ le zã me gbã la, hã va, eye wòtsɔ mire kple aloe, anɔ pounde alafa ɖeka nu hetɔtɔ ɖe asi vɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite