Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 2:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem va bia bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esi wodzi Yesu le Betlehem le Yudea, le Fia Herod ŋɔli la, ɣletivimenunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem, eye wonɔ amewo biam be,

Gade chapit la Kopi




Mateo 2:1
25 Referans Kwoze  

Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Ɖe ŋɔŋlɔ la megblɔ bena: Kristo la ava atso Dawid ƒe ƒome kple Betlexem-kɔƒe, afisi Dawid nɔ la me o mahã?


elabena wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe le Dawid dua me.


Eye woava me le ɣemaɣi be, dukɔwo adi Isai ƒe ke, si nye aflaga li na anyigba dzi dukɔwo la yome, eye eƒe gbɔɖemeƒe anye atsyɔ̃.


Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


Eye wogblɔ nɛ be: Le Betlexem le Yudea, elabena nenema woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi bena:


eye menyae o ʋuu keke vaseɖe esime wòdzi eƒe ŋutsuvi ŋgɔgbetɔ la, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.


Eye wòva me, esime mawudɔlawo dzo le wo gbɔ heyi dziƒo la, alẽnyilawo gblɔ na wo nɔewo bena: Mina ne miayi Betlexem, aɖakpɔ nusia, si va dzɔ, esi Aƒetɔ la na mienya.


Le Herodes, si nye Yudea-fia, ƒe ŋkekewo me la mawununɔlaa ɖe li, eŋkɔ enye Zaxarya, si tso Abiya ƒe ŋkekeɖoɖo me, eye srɔ̃a tso Aron ƒe vinyɔnuviwo dome, eye eƒe ŋkɔ enye Elisabet.


Ke Abraham na nu srɔ̃ bubuawo ƒe viwo heɖe wo ɖa le Isak ŋu, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒenyigba dzi le eya ŋutɔ ƒe agbenɔɣi me.


Ke esi Herodes ku la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte


Ke esi fia Herodes se esia la, dzika tso eya kple Yerusalem katã ƒo.


Eye woƒe nɔƒe keke tso Mesa ɖo ta Safar vaseɖe ɣedzeƒetowo gbɔ.


Eƒe lãwo le ale akpe adre, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃ kpakple dɔla geɖewo fũ. Eye ŋutsu sia ɖo kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi.


Le ŋdi la Farao mekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o, eye wòdo woyi ɖayɔ Egipte-fakalawo kple nunyalawo va ƒo ƒu, eye Farao li drɔ̃eawo na wo; ke wo dometɔa ɖeke mete ŋu ɖe egɔme na Farao o.


Eye ɖekakpuia ɖe tso Betlexem-Yuda le Yuda ƒe ƒome la me; enye Lewitɔ, eye wònye amedzro le afima.


Tete la Herodes yɔ nunyalawo yi ɖe adzame, eye wòbia ɣeyiɣi, si dzi ɣletivi la do la wo tsitotsito.


Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu.


Salma, si nye Betlexem fofo; Xaref, si nye Bet-Gader fofo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite