Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 19:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 19:6
10 Referans Kwoze  

Azɔ nusi ke Mawu bla ɖekae la, ame nagamã me o.


Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.


Elabena nyɔnu srɔ̃tɔ la, ŋkeke alesi srɔ̃ŋutsua le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsua ku la, wotui tso se, si biae ɖe srɔ̃ŋutsua ŋuti la me.


Nenema ke wòle na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui;


Eye ne miegblɔ be, nuka me hã la, le esi Yehowa nye ɖasefo na mia kple wò ɖekakpuimesrɔ̃, si ŋu nèto vo ɖo la tae, evɔ wònye wò zɔhɛ kple nyɔnu, si nẽhla nu kplii la, wònye hafi.


amesi gblẽ eƒe ɖetugbi me srɔ̃ ɖi, eye wòŋlɔ woƒe Mawu ƒe nubabla be;


Elabena mele fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe, kple amesi tsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ tsyɔ eƒe avɔ dzi la, Yehowa Zebaot ye gblɔe; eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye migawɔ nu tovo o!


Eye wòbe. Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka,


Wogblɔ ne bena: Azɔ nukaŋuti Mose de se bena, woana gbegbegbalẽe, eye woaɖe asi le eŋuti mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite