Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 19:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye megale egblɔm na mi hã bena: Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi de dziƒofiaɖuƒe la mee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Megale egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 19:24
9 Referans Kwoze  

Aleke lawɔ miawo miate ŋu axɔ ase, esi miele kafukafu xɔm tso mia nɔewo gbɔ, eye kafukafu ma, si tso Mawu ɖeka gbɔ la, miedia eya o mahã?


Elabena ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee.


Eye Yesu le wo kpɔm du gblɔ na wo bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.


Ne ame yibɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ, eye lãkle atrɔ eƒe agbalẽ ŋɔtaŋɔta la, ekema mi, amesiwo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mã la hã, miate ŋu awɔ nu nyui.


Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo, miele tagbatsu tsyɔm, ke kposɔ miemina.


Ke esi nusrɔ̃lawo see la, kuvia do wo ŋutɔ, eye wogblɔ bena: Ekema ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã?


Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o.


Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite