Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 18:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Ke esi wo tɔwo kpɔ nusi va yi la, eve wo ŋutɔ, eye woyi ɖagblɔ nusiwo katã va ve me la, fia woƒe aƒetɔ eteƒeteƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Ŋutsu nublanuitɔ sia xɔlɔ̃ aɖe kpɔ nu si dzɔ la, eye wòyi ɖagblɔ nya la na fia la.

Gade chapit la Kopi




Mateo 18:31
16 Referans Kwoze  

Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


Miɖo ŋku amesiwo wobla la dzi, abe ɖe wobla mi hekpe ɖe wo ŋu ene, kple amesiwo kpe fu la dzi, abe amesiwo hã le ŋutilã me ene.


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


Eye esi wòte va, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋuti


Eye esi dɔla la trɔ va la, exlẽ nusiawo fia eƒe aƒetɔ. Tete aƒetɔ la ɖo dɔmedzoe, eye wògblɔ na eƒe ɖɔla la bena: Do go kaba yi ɖe ɖu la ƒe ablɔwo me kple kpɔdomiwo, eye nakplɔ ame dahewo kple nuwɔametɔwo kple ŋkuagbãtɔwo kple bunɔwo va afii.


Oo, ɖe wònye dzeƒee le asinye le gbegbe la, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi, eye míaʋu tso wo gbɔ! Elabena ahasiwɔla kple ame tovowo ƒe ha wo katã wonye.


Nye ŋkuwo le tsi kplɔm yoo abe tɔʋu ene, le esi womelé ŋku de wò sea ŋu o ta.


Esia nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Esi Yosef nye ɖekakpuivi xɔ ƒe wuiadre la, enɔa alẽwo kplɔm kple tɔviawo, siwo nye fofoa srɔ̃ Bilha kple Silpa viŋutsuwo, eye ne wowɔ nu vloea ɖe wose la, Yosef va gblɔnɛ na fotoa.


Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawo esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖea ɖeke na mi o.


Mekpɔ ame mawɔnuteƒewo, eye wòvem be, womeléa ŋku ɖe wò nyawo ŋu o.


Ŋukpedodo ta megblɔe ɖo, abe ɖe miawo la míegbɔdzɔ ene, ke nenye nusi me amea ɖe wo kalẽ le wònye la, — mele egblɔm le bometsitsi me — anye ne nye hã mawɔ kalẽ le eme.


Eye wòve fia la, gake le atam, si wòka, kple amesiwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii ŋuti la, eɖe se be, woatsɔe nɛ,


Ke esi nenem dɔla ma do go la, ekpɔ eƒe hadɔtsɔlawo dometɔ ɖeka, si nyi denario alafa le esi, eye wòlée, lé ve nɛ gblɔ bena: Ɖo nusi nènyi la teƒe!


Fa tu blewu, eye maɖo eteƒe na wò. Gake melɔ̃ o; ke boŋ eyi ɖatsɔe de gaxɔ me, vaseɖe esime wòaɖo nusi wònyi la teƒe.


Tete eƒe aƒetɔ la yɔe va egbɔ, gblɔ nɛ bena: Dɔla vɔ̃ɖi! Esi nèɖe kuku nam, metsɔ nenem fe ma katã ke wò la;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite