Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 18:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wògblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Azɔ egblɔ na wo be, “Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o,

Gade chapit la Kopi




Mateo 18:3
28 Referans Kwoze  

eye abe vidzĩewo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xoxo la,


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.


Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.


Nyateƒe, mefa akɔ na nye luʋɔ eye mene wòɖo ho to, abe alesi ɖevi, si woɖe le no nu, nɔa dada gbɔe ene; nye luʋɔ le menye abe ɖevi, si woɖe le no nu ene.


Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.


Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o.


Miʋli be, miayi ɖe agbo bii la me, elabena mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo ladi be, wòayi ɖe eme, eye womate ŋui o.


Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo,


Elabena nenem dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womesea nu o, eye womiã woƒe ŋkuwo, be woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase nu kple woƒe towo, eye woase nu gɔme kple woƒe dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“


Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Míakpɔ dziƒo nuvo, eye mawudɔlawo anɔ dzi liam, eye woanɔ ɖiɖim ɖe Amegbetɔvi la dzi.


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ne miaƒe dzɔdzɔenyenye la maƒo agbalẽfialawo kple farisitɔwo tɔ ta sa o la, ekema miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.


ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!


bena amesiwo le nu kpɔm la, nakpɔ nu, ke womagadze sii o; eye amesiwo le nu sem la, nase nu, ke womagase egɔme o, bena woagatrɔ, ne woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo o.


Elabena le ale mɔ sia dzi woana gege ɖe mía Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me nu wòasɔ gbɔ fũ.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Eye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, esẽ na kesinɔtɔ bena, wòayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.


elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“


Ke ne míetsi nu do la, migato mo sigbe alakpatɔwo ene o; elabena wogblẽa mo na wo ɖokui, bena amewo nadze si wo abe amesiwo tsia nu dona la ene. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.


Eye ne miele gbe dom ɖa la, migano abe alakpatɔwo ene o; elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo ƒe dzogoewo dzi, bena amewo nakpɔ yewo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yi xoxo.


Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ, eye natre eƒe ŋkuwo, ne magakpɔ nu kple eƒe ŋkuwo, wòase nu kple eƒe towo, eye wòase nu gɔme kple eƒe dzi, ne wòatrɔ la me, eye eƒe lãme nahaya o.


Eyaŋuti ne ena nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o. Vava, mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.


Elabena vava mele egblɔm na mi bena: Vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso se la me, vaseɖe esime wo katã nava ve me o.


Eye Yesu yɔ ɖevi suea ɖe va egbɔ, eye wòtsɔe ɖo wo titina.


Eyaŋuti amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite