Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 18:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke ne meɖo to wò o la, yi ɖatsɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, bena le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu la woaɖo kpe nya sia nya dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake, be ame siawo naɖu ɖasefo na wò.

Gade chapit la Kopi




Mateo 18:16
10 Referans Kwoze  

Ame ɖeka mekpɔ mɔ aɖi ɖase le amesi ke da vo alo wɔ nuvɔ̃ bubu ƒomevia ɖe la ŋu o, ke boŋ ne ame eve alo ame etɔ̃ ɖi ɖase la, hafi woaxɔ nya la.


Zi etɔ̃lia enye si megbɔna mia gbɔ; ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu woaƒo nya sia nya ta le.


Ne wotso hamemegãa de nu la, megaxɔe o, negbe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu ko.


Eye woŋlɔ ɖe miaƒe se la me hã bena, ame eve ƒe ɖaseɖiɖi le nyateƒe nu.


Ne amea ɖe do vlo Mose ƒe sea la, ekuna nublanui makpɔmakpɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu;


Ne ame eve alo ame etɔ̃ ɖi ɖase la, hafi woawu amesi dze ku la, gake ame ɖeka maɖi ɖase woawui o.


Ne amea ɖe wu ame, eye ɖasefowo ɖi ɖase le eŋu la, eya ko hafi woawui, gake ɖasefo ɖeka ɖeɖe maɖi ɖase, eye woawui o.


Emegbe yakame eve wova nɔ ekasa, eye yakameawo le ɖase ɖim le Nabot ŋu le dukɔ la ŋku me le gbɔgblɔm bena: Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la! Eye wokplɔe do go yi dua godo ɖaƒu kpee wòku.


Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite