Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 18:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Nenema ke menye mia Fofo, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu bena, nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Nenema ke menye Fofonye si le dziƒo ƒe didi be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã nabu o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 18:14
19 Referans Kwoze  

Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.


Ŋkeke alesi meli kpli wo le xexeame la, nye la medzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ la me; amesiwo nètsɔ nam la, medzɔ wo ŋu, eye wo dometɔa ɖeke mebu o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la koe, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu.


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Azɔ esi woɖu nu vɔ la, Yesu gblɔ na Simon Petro bena: Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem wu nenem me siawo mahã? Egblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o. Egblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽviawo.


eye miɖe mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo, bena xɔdrɔ̃ la nagatre mɔ o, ke boŋ woada gbe le eŋu.


Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi.


Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!


Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.


Eye ne eva me bena, eyi ɖakpɔe la, vavã mele egblɔm na mí bena, akpa dzidzɔ le eya ŋuti awu le blasieke vɔ asieke, siwo metra mɔ o la ŋu.


Ke ne nɔviwò wo nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema eɖe nɔviwò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite