Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 18:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye ne eva me bena, eyi ɖakpɔe la, vavã mele egblɔm na mí bena, akpa dzidzɔ le eya ŋuti awu le blasieke vɔ asieke, siwo metra mɔ o la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Vavã mele egblɔm na mi bena nenye be wòkpɔ alẽa ɖe, makpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe ɖe eŋu tsɔ wu blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo le dedie le aƒe la oa?

Gade chapit la Kopi




Mateo 18:13
14 Referans Kwoze  

Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye. Akpɔ dzidzɔ le ŋuwò vevie, azi ɖoɖoe le lɔlɔ̃ me, eye wòakpɔ dzldzɔ atso aseye ɖe ŋuwò!


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Alesi ɖekakpui ɖea ɖetugbii la, nenema dziwòviwo aɖe wòe; alesi ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔ le ŋugbetɔ ŋui la, nenema wò Mawu akpɔ dzidzɔ le ŋuwòe.


Akpa nu kple ŋku, wòaɖi ƒo nɛ le eƒe luʋɔ ƒe agbagbadzedze ta. Nye dɔla dzɔdzɔe la atsa nunya atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te.


Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, ƒe nu dzea eŋu, amesiwo le eƒe amenuveve lalam.


Miedo ŋusẽ lã kudɔewo o, eye mieyɔ do esiwo ƒe lãme gblẽ o, miebla abi na esiwo ŋe ata o, miegbugbɔ esiwo ka hlẽ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu la o, ke boŋ mieɖu amegã ɖe wo dzi kple sesẽ, eye miesẽ ŋuta le wo ŋu.


Nuka miesusuna? Ne amea ɖe kpɔ alẽ alafa, eye wo dometɔ ɖeka bu la, ɖe magblẽ blasieke vɔ asieke la ɖe toawo dzi, eye wòayi aɖadi esi bu la o mahã?


Nenema ke menye mia Fofo, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu bena, nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.


medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite