11 Elabena Amegbetɔvi la va be, wòaɖe nusiwo bu la.
11 Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu la.]
Elabena Amegbetɔvi la va, be yeaɖi, eye yeaɖe amesiwo bu la.
Nuka miesusuna? Ne amea ɖe kpɔ alẽ alafa, eye wo dometɔ ɖeka bu la, ɖe magblẽ blasieke vɔ asieke la ɖe toawo dzi, eye wòayi aɖadi esi bu la o mahã?
Esi Yesu see la, egblɔ na wo bena: Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, negbe dɔlélawo ko.
ke miyi ɖe Israel ƒe me alẽ, siwo bu la, gbɔ boŋ.
Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Womedɔm o, negbe ɖe Israel-ƒe me alẽ bubuwo gbɔ ko.
Elabena Amegbetɔvi la meva, be wòagblẽ amewo ƒe agbe o; ke boŋ, bena wòaɖe wo. Eye wodzo yi ɖe kɔƒe bubu me.
elabena vinyeŋutsuvi sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe. Eye wode asi dzidzɔkpɔkpɔ me.
Ke ele be, dzi nadza wò; elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.
Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi.
Fiafi la mevana o, ne menye le fififi kple wuwu kpakple gbegblẽ ta o.
Eye ne amea ɖe sea nye nyawo, eye medzra wo ɖo o la, nyemedrɔ̃a ʋɔnui o; elabena nyemeva, be madrɔ̃ ʋɔnu xexeame o, ke boŋ bena maɖe xexeame.
Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le.