Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 17:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Esi wònɔ nya sia gblɔm la, lilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo toe.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 17:5
38 Referans Kwoze  

eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!


„Kpɔ ɖa, ye dɔla, si metia; ye blɔtɔ, amesi dzea ye luʋɔ ŋu la; matsɔ ye Gbɔgbɔ la ada ɖe eyama dzi, eye wòaka ʋɔnudɔdrɔ̃ ta na dukɔawo.


Eye alilikpo va do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe tso alilikpo la me gblɔ bena: „Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, miɖo to eyama!“


Yehowa, wò Mawu, le nyagblɔɖila ɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene, ame sia miaɖe toe!


Fofo la lɔ̃a Via, eye wòtso nuwo katã de esi me.


eye gbe ɖi tso dziƒowo bena: Wòe nye vinye, si gbe nyemelɔ̃a nu le o, wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena.


Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe, eyama dzi, eye gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe,


Amesi ke meɖo to nya, siwo wòagblɔ le nye ŋkɔ dzi o la, mabia tso ame la si.


Eya kee nye Mose, si gblɔ na Israel-viwo bena: „Aƒetɔ, miaƒe Mawu, la, ana nyagblɔɖilaa ɖe natsi tre na mi tso mia nɔviawo dome abe nye ene, eya miaɖo toe.“


Eye Fofo, si dɔm ɖa la, eyama ɖi ɖase le ŋutinye. Miese eƒe gbe ɣeaɖekeɣi alo kpɔ eƒe nɔnɔme hã kpɔ o.


amesi ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe la me,


bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me,


Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.


Edze Yehowa ŋu be, wòaɖe gãnyenye kple ŋutikɔkɔe se la ŋu lé eƒe dzɔdzɔenyenye ta;


Ke nukaŋuti miaku azɔ? Elabena dzo gã sia afiã mi; nenye be, míegale Yehowa, mía Mawu, ƒe gbe sem ko la, míava ku.


Eye kpẽawo nu le sesẽm ɖe dzi. Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo ŋu nɛ kple gbe sesẽ.


Eye esi wògblɔ nusiawo, eye wole ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo xɔe tso woƒe ŋkuwo me.


Meɖe agba ɖa le eƒe abɔta, eye eƒe asi ɖe ɖa le tsikpo ŋu.


Eye Yehowa ɖo ŋu na Hiob le dziya me gblɔ bena:


Eye esi nusrɔ̃lawo see la, wotsyɔ mo anyi, eye wovɔ̃ ŋutɔ.


Eye kpo da, mekpɔ alilikpo yia ɖe, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi abe amegbetɔvi ene, eye sikafiakuku le eta, eye hɛ gobɛ ɖaɖɛa ɖe le esi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite