Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 17:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “O! Mi dzidzime kpaɖikpaɖi, dzimaxɔsetɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la va afi sia nam.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 17:17
25 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Zi nenie gɔ̃ dukɔ sia ado vlom, eye zi nenie woagbe dzinye xɔxɔ ase? Evɔ wonye mewo dzesi geɖewo le wo dome hafi?


Eye ne Mawu ɖo atsyɔ̃ na gbe, si le gbedzi egbe, eye etso kasia woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, ɖe mawɔ na miawo geɖe awu o mahã? Mí xɔseʋeetɔwo!


Eye anɔ ƒe blane sɔŋ wòlé wo ɖe asi le wo nyim le gbeadzi.


Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.


Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye!


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele vɔvɔ̃m ale, mi xɔseʋeetɔwo! Tete la wòtsi tre, eye wòblu ɖe ya kple ƒu la ta, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi kpoo.


Ɣekaɣi mi gegemewo míalɔ̃ bometsitsi, mi fewuɖulawo miakpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, eye mi bometsilawo mialé fu sidzedze ase do?


Zi nenie gã ha vɔ̃ɖi sia ali ŋunye? Elabena mese alesi Israel-viwo li liʋĩliʋĩ ɖe ŋunye lae.


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Esia megbe la egblɔ na Toma bena: Do wò asibide ɖe afii, eye nakpɔ nye asiwo ɖa, eye do wò asi ɖa, eye naƒo ɖe nye axada me, eye megazu maxɔsetɔ o, ke boŋ xɔsetɔ.


Eye wògblɔ na wo bena: O, ame masenugɔmewo kple amesiwo ƒe dzi le blewu be, woaxɔ nusiwo katã nyagblɔɖilawo gblo ɖi la, dzi ase.


Eye Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi! Ɣekaɣi dzi manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Kplɔ viwò la va afisi.


Ke esi Yesu nya eme la, egblɔ bena: Nuka miele ɖi kem le mia nɔewo dome be, mietsɔ abolo ɖe asi o mahã? Mi xɔseʋeetɔwo!


Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Zi nenie miagbe toɖoɖo nye sewo kple nye ɖoɖowo mahã?


Kuviatɔ, ɣekaɣi nanɔ aba dzi ase do? Ɣekaɣi nenyo tso wò alɔ̃dɔdɔ me?


Ƒe blane sɔŋ ƒome sia nyɔ ŋu nam, eye megblɔ be: Dukɔ, si ƒe dzi tre mɔ, wonye eye womenya nye mɔwo o;


Wowɔ nu tovo ɖe eŋu ŋukpenanu wonye, eye womenye viawo o; dzidzime baɖa kple ame gbegblẽwo wonye!


Yehowa de ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ wo me, ne woaflu Egipte le eƒe nuwɔwowo katã me, abe alesi ahamula nɔa ya mum le eƒe xeɖeɖe me ene.


Eye mekplɔe va wò nusrɔ̃lawo gbɔ, eye womete ŋu da gbe le eŋu o.


Eye Yesu wo ɖe eta, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso eme, eye ɖevi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.


Eɖi ɖase kple nya bubu geɖewo hã, eye wòxlɔ̃ nu wo gblɔ bena Mina woaɖe mi tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me!


Ɖe miado dzi atsa nye bometsitsi via ɖe; miado dzi atsɔe nam tso!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite