Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 16:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke esi Yesu nya eme la, egblɔ bena: Nuka miele ɖi kem le mia nɔewo dome be, mietsɔ abolo ɖe asi o mahã? Mi xɔseʋeetɔwo!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o ɖo?

Gade chapit la Kopi




Mateo 16:8
9 Referans Kwoze  

Eye ne Mawu ɖo atsyɔ̃ na gbe, si le gbedzi egbe, eye etso kasia woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, ɖe mawɔ na miawo geɖe awu o mahã? Mí xɔseʋeetɔwo!


Eye Yesu do abɔ ɖa enumake, eye wòlée hegblɔ nɛ bena: Wò xɔseʋeetɔ, nukaŋuti nèke ɖi mahã?


Eya megbe la eɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋuta, esi wole nuɖuƒe; eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple dzimesesẽ la ŋuti bena, womexɔ amesiwo kpoe wòtsi tre la, dzi se o.


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele vɔvɔ̃m ale, mi xɔseʋeetɔwo! Tete la wòtsi tre, eye wòblu ɖe ya kple ƒu la ta, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi kpoo.


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


Azɔ míenyae bena, ènya nuwo katã, eye mèhiã bena, amea ɖe nabia wò o, le esia la miexɔe se bena, èɖo go tso Mawu gbɔ.


Eye woawo ke ɖi le wo nɔewo dome gblɔ bena, le esi yewometsɔ abolo ɖe asi o la ŋutie.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite