Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 16:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke Yesu gblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Yesu xlɔ̃ nu wo vevie gblɔ be, “Mikpɔ nyuie le Zadukitɔwo kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 16:6
15 Referans Kwoze  

Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


Amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna.


Eye wòde se na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le farisitɔwo ƒe amiwo ʋaʋã kple Herodes ƒe amewo ʋaʋã la ŋuti.


Tete wodze sii bena, menye ɖe wògblɔ bena, yewoakpɔ yewo ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o, negbe le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe nufiafia la ŋuti boŋ.


Migatsɔ amɔwɔ ʋaʋã wɔ nuɖuvɔ, si miasa na Yehowa la, dometɔa ɖeke o, elabena womatɔ dzo amɔwɔ ʋaʋã alo anyitsinua ɖeke na Yehowa o.


Eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.


Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Eye farisitɔwo kple zadukitɔwo va egbɔ, eye wole etem kpɔ biae bena, wòafia dzesi yewo tso dziƒo.


Eye nusrɔ̃lawo va go keme dzi, eye woŋlɔ abolotsɔtsɔɖeasi be.


Eye woawo ke ɖi le wo nɔewo dome gblɔ bena, le esi yewometsɔ abolo ɖe asi o la ŋutie.


Aleke wɔ miedze sii kpo bena, menye abolo ŋuti meƒo nu le na mi o bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o mahã?


Eyaŋuti nusrɔ̃lawo gblɔ na wo nɔewo bena: Ɖe amea ɖe na nanee woɖu mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite