Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 16:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi biam, eye womelé dzesi na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko. Tete wògblẽ wo ɖi hedzo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Dzidzime vɔ̃ɖi, ahasitɔ sia le nukunu ƒe dzesi dim, ke womawɔ ɖeke na wo o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.” Ale Yesu gblẽ wo ɖi, eye wòdzo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 16:4
15 Referans Kwoze  

Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.


Eye wòɖe hũ le eƒe gbɔgbɔ la me gblɔ bena: Nukaŋuti dzidzime sia le dzesi dim mahã? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele dzesia ɖeke na ge dzidzime sia o.


Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.


Eye Yehowa gblɔ bena: Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave!


Ke esi wole nya ŋem ɖe enu, eye wole busunyawo gblɔm la, eʋuʋu eƒe awuwo me hegblɔ na wo bena: Miaƒe ʋu nava mia ŋutɔwo miaƒe ta dzi: nye la ŋutinye kɔ; tso esia dzi la mayi ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Ne wobe, yewoanyi wo viwo woatsi la, made vi lewo ŋu, be amegbetɔa ɖeke maganɔ anyi o; elabena baba na woawo ŋutɔ hã, nenye be, medze le wo gba.


Efrayim dze xɔlɔ̃ kple legbawo, miɖe kɔ le eŋu!


Eɖi ɖase kple nya bubu geɖewo hã, eye wòxlɔ̃ nu wo gblɔ bena Mina woaɖe mi tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me!


Mi nyɔnu dzosala ƒe viwo, mi ŋutsu ahasitɔ kple gbolo ƒe dzidzimeviwo, mite va!


Eye Yehowa ƒe gbe va na Yona, Amitai vi, bena:


Eye nusrɔ̃lawo va go keme dzi, eye woŋlɔ abolotsɔtsɔɖeasi be.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite