Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 16:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ be, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Ènye nukikli le mɔ me nam, elabena Mawu me nuwo mele susu me na wò o, negbe amegbetɔwo tɔ ko. Èle mɔ vɔ̃ɖi aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si Mawu ɖoe la nu o.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 16:23
19 Referans Kwoze  

Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko.


Mitsɔ miaƒe tamesusuwo ɖo dziƒonuwo ŋu, menye anyigbadzinuwo ŋu o.


Ke etrɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wogbe nya na Petro gblɔ bena: Te ɖokuiwò ɖa yi megbenye, Satana! Elabena menye Mawu tɔ nèsusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ la ko.


Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“


Yesu xɔ dzi na wo bena: Menye nyee da mi ame wuieve oa? Eye mia dometɔ ɖeka nye abosam!


Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, naɖe la agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“


Eye wògblɔ na Adam bena: Esi nèse srɔ̃wo ƒe gbe, eye nèɖu ati, si ŋuti mede se na wò be, megaɖu eƒe ɖekeɖeke o la ƒe ɖe la, eyata woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi akpɔ nu àɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me.


Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o.


Eye Satana tsi tre ɖe Israel ŋu, eye woble Dawid, be woaxlẽ Israel.


Tete Abisai, Zeruya tu la, gblɔ bena: Alo womele Simei, amesi do ɖiŋu na Yehowa ƒe amesiamina la, wu ge oa?


Azu kɔkɔeƒe, ke anye nuɖiaɖia ƒe kpe kple agakpe kikli na Israel ƒe aƒe eveawo, eye anye mɔ̃ kple adoboli na Yerusalemtɔwo;


Enyo bena, màɖu lã o, eye màno aha hã o, alo mawɔ nane, si nɔviwò klina alo wòɖia enu alo wògbɔdzɔna le eŋuti la o.


Baba na xexeame le nuɖiaɖia ŋuti: Elabena nuɖiaɖiawo lava tsã; ke baba na nenem me, si dzi nuɖiaɖia lato ava la.


Eye Petro ɖe kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ gblɔ bena: Mawu nèhe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite