Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 16:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Tete wòde se na nusrɔ̃lawo bena, woagagblɔe na amea ɖeke bena, yee nye Kristo la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Ke Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔe na ame aɖeke be yee nye Kristo la o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 16:20
16 Referans Kwoze  

Eye wogbe nya na wo bena, woagagblɔ nya le ye ŋuti na amea ɖeke o.


Ke egbe nya na wo, eye wòɖe se na wo bena, woagagblɔ esia na amea ɖeke o


Eya kpɔ ye ŋuta nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Mesia la, (si gome enye Kristo).


Eye esi wole ɖiɖim tso to la dzi la, Yesu de se na wo gblɔ bena: Migagblɔ nukpɔkpɔ la na amea ɖeke o, fiafase esime Amegbetɔvi la afɔ tso ame kukuwo dome.


Eye esi gbe la ɖi la, wokpɔ Yesu ɖeka ko. Eye wozi kpi, eye wometo nusiwo wokpɔ la ƒe ɖeke na amea ɖeke le ŋkeke mawo me o.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã.


Amekae nye aʋatsokala, ne menye amesi sẽ nu bena, Yesu menye Kristo o lae oa? Amesi ke gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la, eyae nye Kristo ƒe futɔ la.


Eyata Israel-ƒeme katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.


ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.


Filipo kpɔ Natanael, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Yesu. Yosef vi tso Nazaret, amesi ŋuti woŋlɔ ɖi le le Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me.


Eye esi wole ɖiɖim tso to la dzi la, Yesu de se na wo bena, woagagblɔ nusiwo wokpɔ la, na amea ɖeke o, negbe ne Amegbetɔvi la tsi tre tso ame kukuwo dome ko.


eye Yakob dzi Yosef, si nye Mana, amesi dzi Yesu, si woyɔna be Kristo la, srɔ̃.


Eye Simon Petro xa edzi gblɔ bena: Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!


elabena wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe le Dawid dua me.


Egblɔ ne bena: E, Aƒetɔ, mexɔe se bena, wòe nye Kristo, Mawuvi la, si gbɔna xexeame.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite