Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 16:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye woawo gblɔ bena: Ɖewo bena, Yohanes mawutsidetanamelae, ke bubuwo bena, Elia ye, eye amea ɖewo hã gblɔ bena, Yeremya, alo nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Woɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo gblɔ be, Yohanes Mawutsidetanamela nènye. Ɖewo be Eliyae nènye, bubuwo hã be Yeremia alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye.”

Gade chapit la Kopi




Mateo 16:14
14 Referans Kwoze  

Ke bubuwo gblɔ bena: Eliya ye; eye bubuwo bena: Nyagblɔɖilae abe nyagblɔɖilaewo dometɔ ɖeka ene.


Eye wògblɔ na eƒe dɔlawo bena: Yohanes mawutsidetanamela la enye esi; eyae tsi tre tso ame kukuwo dome; eyaŋuti ŋusẽwo le dɔ wɔm le eme alea.


Azɔ wògagblɔ na ŋkuagbãtɔ la bena: Wò la, esi woʋu ŋkuwo na wò la, aleke gblɔm nèle le eŋuti mahã? Eye wògblɔ bena: Nyagblɔɖila wònye.


Eye liʋiliʋilili sɔ gbɔ le amehawo dome le eŋuti; ɖewo gblɔ bena: Ame nyui wònye; bubuwo gblɔ bena: Ɖabi, ke boŋ eflu ameha la.


eye ɖewo hã gblɔ bena: Eliya ɖe eɖokui fia; eye ame bubuwo gblɔ bena: Blema nyagblɔɖilaa ɖe gatsi tre.


Ke wogblɔ nɛ bena: Yohanes mawutsidetanamelae, eye bubuwo bena: Eliya ye; ke bubuwo bena: Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae.


Eye nusrɔ̃lawo biae bena: Nukaŋuti gɔ̃ agbalẽfialawo gblɔ bena: Ele nɔ Eliya be, wòava gbãgbiagbã mahã?


Eye wobiae bena: Ekema amekae? Eliya nenyea? Egblɔ bena: Menye nyee o. Nyagblɔɖila la nènyea? Eye wòɖo ŋu bena: O.


Xilkiya, amesi tso nunɔlawo dome le Anatot le Benyamin-nyigba dzi la ƒe vi Yeremya ƒe nyawo enye si;


Le ŋkeke mawo me la Yohanes, mawutsidetanamela, va do, eye wòle gbe ƒã ɖem le Yudea-gbedzi


Egblɔ na wo bena: Ke miawo la, amekae miegblɔna bena, menye mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite