Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 16:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete wodze sii bena, menye ɖe wògblɔ bena, yewoakpɔ yewo ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o, negbe le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe nufiafia la ŋuti boŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ke azɔ la, wose nu si wòwɔnɛ be amɔʋãnu la gɔme, eyae nye alakpanu siwo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nɔa fiafiam la.

Gade chapit la Kopi




Mateo 16:12
7 Referans Kwoze  

Elabena mele egblɔm na mi bena: Ne miaƒe dzɔdzɔenyenye la maƒo agbalẽfialawo kple farisitɔwo tɔ ta sa o la, ekema miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.


Elabena zadukitɔwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o, eye mawudɔla kple gbɔgbɔ hã meli o; gake farisitɔwo ʋua woa kple eve la me.


Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Aleke wɔ miedze sii kpo bena, menye abolo ŋuti meƒo nu le na mi o bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o mahã?


Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite