Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 16:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye farisitɔwo kple zadukitɔwo va egbɔ, eye wole etem kpɔ biae bena, wòafia dzesi yewo tso dziƒo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Zadukitɔwo va be yewoado Yesu kpɔ; wobia tso esi be wòana dzesi yewo tso dziƒo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 16:1
33 Referans Kwoze  

Eye bubuwo le etem kpɔ hele dzesi dim tso egbɔ tso dziƒo.


Ke esi wole nu ƒom na dukɔa la, nunɔlawo kple mawuxɔdzikpɔla kpakple zadukitɔwo do ɖe wo dzi,


Ke Yesu gblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti.


Elabena Yudatɔwo biaa dzesiwo, eye Helatɔwo ɖia nunya yome;


Ke wogblɔ esia hele etem kpɔ, bena yewoakpɔ nyaa ɖe atso enu. Eye Yesu do dɔgɔ̃e, eye wòtsɔ asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba.


Ke nunɔlagã la tsi tre kple amesiwo le eŋu la, siwo nye zadukitɔwo ƒe kɔmamã, eye woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã.


Tete zadukitɔwo dometɔa ɖewo, siwo sẽa nu le tsitretsitsi ŋuti bena, meli o la, va biae bena:


Eye esi wòdze si woƒe aɖaŋu vɔ̃a la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã?


Eye kpɔ ɖa, sefialaa ɖe tsi tre le etem kpɔ gblɔ bena: Nufiala, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome mahã?


Eye zadukitɔwo, amesiwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o la, hã va egbɔ, eye wobiae bena:


Ke esi wòdze si woƒe alakpadada la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã? Mitsɔ denario la vɛ, ne makpɔ!


Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wobiae hele etem kpɔ bena: Alo woɖe ma na ŋutsu bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu mahã?


Eye le dzadzraɖoŋkeke ƒe ŋufɔke dzi la nunɔlagãwo kple farisitɔwo va kpe ta ɖe Pilato gbɔ gblɔ bena:


Agbalẽfialawo kple farisitɔwo bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi;


Le ŋkeke ma dzi la zadukitɔ, siwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o la, va egbɔ, eye wobiae bena:


Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo!


Tete farisitɔwo yi, eye wode adaŋu alesi woawɔ, ne woatsɔ eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ atre mɔ̃ nɛ alée.


Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wotee kpɔ gblɔ bena: Alo woɖe mɔ na ame bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu le nya sia nya ŋuti mahã?


Tete agbalẽfialawo kple farisitɔwo tso Yerusalem va Yesu gbɔ gblɔ bena:


Ke esi farisitɔwo do go la, wode adaŋu le eŋuti, alesi woawɔ awui.


Ke esi farisitɔwo kpɔe la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Nukaŋuti miaƒe nufiala ɖua nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ne miaƒe dzɔdzɔenyenye la maƒo agbalẽfialawo kple farisitɔwo tɔ ta sa o la, ekema miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.


Ɖo eŋu na bometsila ɖe eƒe bometsitsi nu, ne magabu eɖokui nunyalae o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite