Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 15:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Enye nukunu blibo! Aɖetututɔwo nɔ nu ƒom kple dzidzɔ, ame siwo ƒe abɔ kple atawo menyo o la gaɖo nɔnɔme nyui me, tekunɔwo alo bafawo nɔ kpo tim, nɔ yiyim, eye ŋkuagbãtɔwo nɔ nu kpɔm nyuie! Nyateƒe, ameha gã la ƒe nu ku, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.

Gade chapit la Kopi




Mateo 15:31
23 Referans Kwoze  

Eye esi amehawo kpoe la, wovɔ̃, eye wokafu Mawu, si tso nenem ŋusẽ sia tɔgbe na amegbetɔwo.


Eye enumake wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le Mawu kafum, eye dukɔ la katã, esi wokpɔe la, wotsɔ kafukafu na Mawu.


Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gãa ɖe tsi tre le mia dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa.


Ke ne wò asi alo wò afɔ ɖia nuwò la, lae ɖa, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo alo abɔkpo wu esi aba eve alo afɔ eve anɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me.


Eye esi wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe la, aɖetututɔ la ƒo nu. Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa, wogblɔ bena: Womekpɔ nusia tɔgbee le Israel kpɔ o.


Ale wogayɔ amesi ƒe ŋkuwo gbã tsã la zi evelia, eye wogblɔ nɛ bena: Tsɔ kafukafu na Mawu, miawo míenyae bena, amesia la nuvɔ̃wɔla wònye.


Eye esi dɔla la trɔ va la, exlẽ nusiawo fia eƒe aƒetɔ. Tete aƒetɔ la ɖo dɔmedzoe, eye wògblɔ na eƒe ɖɔla la bena: Do go kaba yi ɖe ɖu la ƒe ablɔwo me kple kpɔdomiwo, eye nakplɔ ame dahewo kple nuwɔametɔwo kple ŋkuagbãtɔwo kple bunɔwo va afii.


Ke boŋ, ne èɖo kplɔ la, yɔ ame dahewo, nuwɔametɔwo, bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo,


Eye ne wò asi ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple asikpo, wu esi asi eve nanɔe na wò, eye nayi ɖe dzomavɔʋe la me,


Eye kuvia ɖo wo ŋutɔ, eye wole gbɔgblɔm bena: Ewɔ nuwo katã nyuie, ena tokunɔwo sea nu, eye aɖetututɔwo hã ƒoa nu.


Tete wòtsi tre, eye enumake, esi wòtsɔ eƒe aba la, edo go le wo katã ƒe ŋku me nenem bena, kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Miekpɔ ale nusiawo tɔgbe kpɔ o.


Eye ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ le mawuƒe la me, eye wòda gbe le wo ŋu.


Amesi tso akpedada sa vɔe la, ede bubu ŋunye; eye amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


eye wokpɔ Israel ƒe Mawu la, eƒe afɔgbɔ le abe gbloti, alo abe alesi alilime kɔna keŋkeŋ ene.


Eye wòɖi vɔsamlekpui ete afima, eye wòna ŋkɔe bena: „Mawu, si enye Israel ƒe Mawu“.


Ebiae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eɖo ŋu bena: Yakob.


Ke esi Yesu see la, eƒe mo wo yaa, eye wògblɔ na amesiwo le eyome la bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Le Israel me hã la nyemekpɔ nenem dzixɔse sia tɔgbe kpɔ o.


Eye esi woawo do go la, kpɔ ɖa, wotsɔ aɖetututɔ, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, va egbɔ.


Eye ameha geɖewo va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi ve, eye wotso wo da ɖe eƒe afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite